Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 20:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o, be yemagblẽ ɣeyiɣi le Asia o. Ke edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba, aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 20:16
17 Mawu Ofanana  

Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Eye esi wòƒo agboa la, nyɔnudɔlaa ɖe, si ŋkɔ nye Roda la, va do gbee.


Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o;


Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo.


ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso.


Esime Apolo le Korinto la, eva me be, Paulo to kɔkɔƒenutowo me va Efeso, eye wòkpɔ nusrɔ̃laa ɖewo;


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka.


Eye miawo la miedze ŋgɔ yi ʋua me heho yi Aso; afima miele Paulo xɔ ge ɖe ʋua me le elabena nenema wòɖoe, le esi eya ŋutɔ le afɔ to ge ta.


Eye esi wova egbɔ la, egblɔ na wo bena: Mienyae tso ŋkeke gbãtɔ dzi, esi meɖo afɔ Asia, alesi menɔ mia gbɔ le ɣeyiɣiawo katã me


Eye azɔ, kpɔ ɖa, mele babla le gbɔgbɔa me heyina Yerusalem, eye nyemenya nusiwo le dzinye va ge le afima o;


Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia.


Eye esi miawo mieɖo ʋu tso Filipi le amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekeawo megbe la, mieva ɖo wo gbɔ le Troa le ŋkeke etɔ̃agbe, eye mienɔ afima ŋkeke adre.


Ke esi miekpɔ nusrɔ̃lawo la, míetsi afima ŋkeke adre. Woawoe gblɔ na Paulo to Gbɔgbɔ la me bena, megayi Yerusalem o.


Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.


Ke matsi Efeso yiɖase Pentekoste dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa