Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 20:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi wodzudzɔ hoowɔwɔ megbe la, Paulo ya nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye esi wòdo gbe na wo la, eklã wo hedzo yina Makedonia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la, eklã wo hedzo ɖo ta Makedonia.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 20:1
20 Mawu Ofanana  

Ke Israel tsi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale bena megate ŋu le nu kpɔm o. Eye esi wòkplɔ wo te ɖe eŋu la, ekpla asi kɔ na wo heɖuɖɔ nu na wo.


Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.


eye tso afima mieva Filipi, si nye Makedonia-nyigba ƒe du gbãtɔ, eye wònye Romatɔwo ƒe dutsotso la; ke míenɔ du sia me ŋkekea ɖewo.


Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Ke esi Paulo ɖi yi anyigba la, edze edzi helee alɔ eve gblɔ bena: Migawɔ hoo o; elabena eƒe luʋɔ la le eme.


Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi.


Eye wònɔ afima ɣleti etɔ̃; ke esi wòdi be, yeado ʋu ayi Siria, eye Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu la, eɖo tame be, yeagbugbɔ aɖato Makedonia.


Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne


le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.


Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Kristo ƒe hamewo katã ɖuɖɔ mi ƒã.


Nɔviwo katã ɖuɖɔ mi ƒã! Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe gbugbɔ nu na mia nɔewo!


Ke ne metso Makedonia la, mava mia gbɔ, elabena mato Makedonia.


Mitso nugbugbɔ kɔkɔe gbugbɔ nu na mia nɔewo! Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã!


Elabena esi mieva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔa ɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vovɔ̃ le mía me.


Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ nɔviwo katã nam ƒã.


Alesi mexlɔ̃ nu wò be, nanɔ Efeso, esime meyina ɖe Makedonia, bene naɖe se na amea ɖewo be, womagafia nu bubu o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa