8 Aleke wo, eye mía dome amesiame le ye ŋutɔ degbe, si me wodzi mi ɖo la, sem mahã?
8 Ke aleke wɔ míese wole ame sia ame degbe gblɔm mahã?
ne woaɖe eƒe nutsuwɔwɔwo kple eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo la afia amegbetɔviwo.
Eye fofoa Zaxarya yɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe, eye wògblɔ ɖe anyi bena:
Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi yaa hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesiwo katã le nu ƒom la, ɖe menye Galileatɔwoe wonye oa?
Partiatɔwo kple Mediatɔwo, Elamtɔwo kple amesiwo nɔa Mesopotamia, Yudea kple Kapadokia, Ponto kple Asia,
Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.