Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 eye wotsɔ woƒe anyigbawo kple woƒe ŋutinuwo dzra, eye wòmã wo me na wo katã le amesiame ƒe hiahiã nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:45
20 Mawu Ofanana  

Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Eye nye hã mele egblɔm na mi bena: Mitso anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.


Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


Eye nusrɔ̃lawo do bena, wo dome amesiame nado nunanaa ɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui.


Elabena hiãtɔa ɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ,


eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.


Mele vevie nam bena, maŋlɔ nya na mi le subɔsubɔdɔ, si wotso subɔ ame kɔkɔewo la ŋuti hafi o.


Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ehlẽ nu hena ame dahewo; eƒe dzodzoenyenye noa anyi tegbetegbe.


Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa