Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:41
21 Mawu Ofanana  

Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.


Simon Petro yi ɖalia ʋu la, eye wòhe ɖo la va gota, eye wòyɔ fũ kple lã gã alafa kple blaatɔ̃ vɔ etɔ̃, eye esi wosɔ gbɔ ale hã la, ɖo la medze o.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Eye esi trɔ̃subɔlawo see la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Aƒetɔ ƒe nya la; eye ame alesi nu woɖo ɖi na agbe mavɔ la, xɔe se.


Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.


Eye mi amesiwo katã le ʋua me la, míanɔ luʋɔ alafa eve kple blaadre vɔ ade.


Ke ava me bena, luʋɔ sia luʋɔ, si maɖo to nyagblɔɖila ma o la, woatsɔe keŋ tso dukɔ la dome.“


Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.


Eye Yosef do woɖayɔ fofoa Yakob kple eƒome la katã, wole luʋɔ blaadre vɔ atɔ̃ la, vɛ ne.


Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖua ɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.


Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


Eye mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu abe ame kukua de ƒe ʋu ene, eye nu gbagbe sia nu gbagbe, si le ƒua me la ku.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa