Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 “Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:36
25 Mawu Ofanana  

Mi Yakob ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe ƒe ƒomeawo katã, mise Yehowa ƒe nya!


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mawo nya nyui, si megblɔ ɖe Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe ŋu la dzi.


Eye wòadze sii be, nye Yehowa, woƒe Mawu la, meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la, wonye nye dukɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, menye mia ta mele ewɔm ɖo o, ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe, si mieɖo gui le dukɔwo dome, afisi míeyi la lae.


Aƒetɔ Yehowa be: Menye mia tae mele ewɔm ɖo o, minyae loo! Israel ƒe aƒe, ŋu nekpe mi, eye miaƒe mo netsi dã le miaƒe zɔzɔme ta!


Eye mitsɔ du la ƒe anyigba na Israel ƒe aƒe blibo la wòakeke abɔklugui akpe atɔ̃, eye wòadidi abɔklugui akpe blave vɔ atɔ̃, woa kple adzo kɔkɔe la nanɔ akasa ɖeka nu.


Le ɣemaɣl la vuɖo aʋu na Dawid ƒe aƒe la kple Yerusalemtɔwo ɖe nuvɔ̃ kple makɔmakɔnyenye ŋu.


elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me.


Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.“


Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa