Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:23
39 Mawu Ofanana  

Miawo miesusu vɔ̃ ɖe ŋunye, ke Mawu trae wòzu nyuie, be yeawɔe axɔ ame geɖe ɖe agbe, abe alesi miele ekpɔmi egbegbe ene.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Mèsee kpɔ be, tso tititi ke mewɔe, eye meɖoe tso gbaɖegbe ke oa? Azɔ mena wòva me be, nagblẽ du sesẽwo woazu anyiglãgo;


eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo, bena woaɖu fewu le eŋuti, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋuti; eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre?


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Ke esi woklãe ɖe ati ŋuti megbe la, womã eƒe awuwo me, eye wodzidze nu ɖe wo dzi, bena woawu nya, si nyagblɔɖila gblɔ ɖi la nu bena: „Wòmã nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu ʋlaya dzi.“


Eye woklãe ɖe ati ŋuti, eye wòmã eƒe awuwo, esi wodzidze nu ɖe wo dzi, bene woakpɔ nusi ke ɖesiaɖe laxɔ.


Elabena ele eme bena, Amegbetɔvi la le yiyim le ɖoɖo la nu; gake baba na ame ma, si dzi wòato aɖee asi!


Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: „Eye wobui ɖe vodalawo dome;“ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.


Eye esi wova teƒe, si woyona be ametakoliƒe la, woklãe ɖe ati ŋuti le afima kple vɔ̃wɔlawo, ɖeka le nuɖusi me, eye ɖeka le mia me.


alesi miaƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo ɖee asi, be woatso kufia nɛ, eye woaklãe ɖe ati ŋuti.


afisi woklãe ɖe ati ŋu le, eye ame bubu eve hã kpe ɖe eŋuti, le eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu le titina.


Tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Migana miadze eya o, ke boŋ miadzidze nu ɖe edzi, amesi tɔ woazu, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu, si gblɔ bena: „Womã awunyewo na wo nɔewo, eye nye awu ʋlaya la wodzidze nu ɖe edzi.“ Nenem nusiawo asrafoawo wɔ.


Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


wònya tso keke blema ke la wɔm.“


Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.


Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.


be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la.


Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi.


Mía fofowo ƒe Mawu la fa Yesu ɖe tsitre, amesi miawo miewu, esime miehee ɖe ati ŋuti.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Elabena ame alesi nu wɔ nuvɔ̃ se manɔ wo sii la, woatsrɔ̃ se manɔ wo sii; eye ame alesi nu wɔ nuvɔ̃, eye se le wo si la, woatsɔ se la adrɔ̃ ʋɔnu wo.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene;


amesiwo hã wu Aƒetɔ Yesu kple woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖilawo, eye woti mía yome, eye womedzea Mawu ŋu o, eye wonye amewo katã ƒe adikãtɔwo,


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta,


amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa