Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 „Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 “ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 2:17
38 Mawu Ofanana  

Eye Yakob ya viawo gblɔ bena: Miƒo ƒu, ne magblɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la afia mi!


Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.


Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.


Aɖi ɖe anyi ahe tsidzadza ɖe gbe talãlàe dzi ene, abe tsi gãe ƒo anyigba ene.


Mitrɔ kɔ ɖe nye mokaname ŋuti. Kpa ɖa, mana nye gbɔgbɔ nado bɔbɔbɔ, eye mana miadze si nye nyawo.


Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.


ne Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia, eye ŋutilãwo katã nakpɔe; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi,


mana amesiwo te wò ɖe anyi la, naɖu woawo ŋuta ƒe lã, eye woamu woƒe ʋu abe wein ene. Eye ŋutilãwo katã nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, eye Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.


Eye woava me, ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe!


Mana dzi bubu wo, eye maɖe gbɔgbɔ yeye wo me, maɖe kpedzi le dɔ me na wo, eye mana lãkusidzi wo,


Eye nyemagaɣla nye ŋku me ɖe wo azɔ o, le esi metrɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe Israel ƒe aƒe la dzi ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo.


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta aghɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.


Eye ŋutilã katã akpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la.


Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo.


Ke egblɔ esia le Gbɔgbɔ la ŋuti, esi amesiwo le edzi xam le sesem la, laxɔ; elabena Gbɔgbɔ la meli haɖe o, le esi womekɔ Yesu ŋuti haɖe o la ta.


Eye kuvia ɖo xɔsetɔ, siwo tso aʋatsotso la me, ame geɖe alesi nu va kple Petro, bena wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana; kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi.


Eye le ŋkeke siawo me la nyagblɔɖilawo tso Yerusalem va Antioxia.


Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Agabo la, tsi tre, eye wòfia dzesi to Gbɔgbɔ la dzi bena, dɔwuame gãa ɖe le xexe blibo la katã me va ge, esia va ve me le kaisaro Klaudio ŋɔli.


Ke esia nye nya, si wogblɔ to nyagblɔɖila Yoel dzi bena:


Eye le ŋkeke mawo me la matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye dɔlaŋutsuwo kple nye dɔlanyɔnuwo hã dzi, eye woagblɔ nya ɖi.


Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.


Ke ɖetugbivi ene, siwo gblɔa nya ɖi la, le amesia si.


ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi.


ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe;


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame,


Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle atrɔ zu ɖaseɖiɖi na mi, eye woaɖu miaƒe lãme keŋ abe dzo ene. Mieƒo nu nyuiwo nu ƒu le nuwuwu ŋkekeawo me.


Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa