Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 19:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Esi Paulo se nya sia la, egblɔ na wo be, “Yohanes Mawutsidetanamela ɖeko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la, wòaxɔ Yesu Kristo, ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase, ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 19:4
16 Mawu Ofanana  

Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Esia nye amesi ŋuti megblɔ le bena: Amesi, le megbenye gbɔna la, tre vava nam, elabena eli, hafi meli.


Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la mele mawutsi ɖem ta na amewo kple tsi; amesi mienya o la, le tsitre le mia titina,


amesi le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matu o.


Amesia va le ɖaseɖiɖi ta, bena wòaɖi ɖase le kekeli la ŋuti, bena amewo katã naxɔ ase to eyama dzi.


elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na ame; ke miawo la woatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ade mawutsi ta na mi, mele ŋkeke geɖea ɖeke xɔ ge le esia megbe o.


Tete medo ŋku Aƒetɔ ƒe nya la dzi, alesi wògblɔ bena: „Yohanes de mawutsi ta na ame kple tsi, ke miawo la woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa