Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 19:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye Yudatɔ kple Helatɔ, siwo katã le Efeso la, se ale nya sia, eye vɔvɔ̃ dze wo katã dzi, eye wodo Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 19:17
22 Mawu Ofanana  

Eye Dawid vɔ̃ Yehowa gbemagbe hegblɔ be: Aleke Yehowa ƒe aɖaka la ava gbɔnye?


Woawo ŋutɔ ƒe aɖe atsɔ wa aƒu anyi, eye amesiwo katã kpɔ wo la, woaʋuʋu ta.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Eye vɔvɔ̃ va amesiwo katã ɖe aƒelika kpli wo la dzi, eye woƒo nu le nyadzɔdzɔ siawo katã ŋuti le Yudea-tonyigba blibo la katã dzi.


Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.


Tete esi dua me dziɖula kpɔ nusi va ve me la, exɔe se, eye kuvia ɖoe le Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋuti.


Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo.


ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso.


Esime Apolo le Korinto la, eva me be, Paulo to kɔkɔƒenutowo me va Efeso, eye wòkpɔ nusrɔ̃laa ɖewo;


Eye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, dzo kpo dze wo dzi, eye woɖu wo ame eve la dzi, eye wòwɔ fu wo, eye wòde abi wo ŋu, ale bena wosi tso aƒe ma me amama.


Eye amesiwo xɔe se la dometɔ geɖewo hã va, eye woʋu me hele woƒe nuwɔwɔwo fiam.


Eye vɔvɔ̃ gã va amewo katã dzi, eye apostolowo wɔ nukunuwo kple dzesi geɖewo le Yerusalem.


Eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze hame blibo la katã kple amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Ke amesiwo susɔ la, wo dometɔa ɖeke meɖoa dzi tena ɖe wo ŋu o, hafi boŋ dukɔ la bua wo ŋutɔ.


Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


bene wòakɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ŋuti le mia me, eye wòakɔ miawo hã mia ŋuti le eyama me le mía Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la nu.


Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,


Eye Bet-Semestɔwo gblɔ bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia nu? Eye ameka gbɔ woatso mía gbɔ ayi?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa