Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 19:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke Yudatɔ dzegowo dometɔa ɖewo, amesiwo nye gbesalawo la, te kpɔ de asi Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔyɔyɔ me ɖe amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la dzi gblɔ bena: Meta Yesu, amesi ŋuti Paulo le gbe ƒã ɖem le la, na mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 19:13
15 Mawu Ofanana  

Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi!


Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.


Fia la gblɔ nɛ bena: Zi nenie mata wò be, gblɔ nyateƒe sɔŋ ko nam le Yehowa ƒe ŋkɔ mea?


Viawo nenɔ tsa glãla tsam anɔ nu biam, eye woadi nu le adzɔge tso woƒe aƒedowo gbɔ!


Ne nye la menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul dzi la, ekema miaƒe ŋutsuviwo la, ameka dzi woto nyã wo do goe mahã? Eyakeŋuti la woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.


Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!


eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o.


Yohanes gblɔ ne bena: Nufiala, miekpɔ amea ɖe, si le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go dom le wò ŋkɔ la dzi, eye miegbe nɛ, elabena mele mía yome o.


Eye nye la, ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi la, ekema mia viwo la, ameka dzie woto nyã wo do goe mahã? Le esia ta woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.


Eye Yohanes xɔ dzi gblɔ bena: Amegã, miekpɔ amea ɖe le gbɔgbɔ vɔwo nyẽm le go dom le wò ŋkɔ dzi; eye miegbe nɛ, elabena mele mía yome o.


Ke amesiwo li le nusiawo wɔm la, wonye Yudatɔ, nunɔlagã Skeva fe ŋutsuvi adreawo.


Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!


Le ɣemaɣi Yosua ka atam bena: Ŋutsu, si atso, be yeagbugbɔ Yerixo-du sia atso la, aɖi eŋu le Yehowa ŋku me. Via ŋgɔgbea ƒe ku wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe ku wòatsɔ aɖe agbo enu!


Ke ɖeɖi te Israel-ŋutsuwo ŋu gbemagbe, eye Saul ka atam na dukɔ la bena: Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi! Eye aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa