Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.
Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi.
Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti.
Eye wò wo esia ŋkeke geɖe. Ke esi wòve dome na Paulo la, etrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi.