Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 18:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 eye amesia de asi nuƒoƒo me kple kalẽ le ƒuƒoƒe la. Ke esi Akwila kple Priskila woɖo toe la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe ma gome fiae kɔte wu tsãtɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒe la dzideƒotɔe. Esi Akwila kple Priskila se eƒe nyawo la, wokpee yi woƒe aƒe me heɖe Mawu ƒe nyawo me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 18:26
23 Mawu Ofanana  

ne nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi, eye mɔ sɔsɔe nasu nugɔmesela si;


Nuxlɔ̃la nyanu enye sikasigɛ kple kɔgɛ, si wotsɔ sika nyuitɔ tui la, na to senu.


Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.


He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo nɛ!


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si nu le esi la, woana nui; ke amesi nu mele esi o la, nusi le esi hã la, woaxɔe le esi.


Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi.


Esi Paulo ganɔ afima ŋkeke geɖe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo ʋu yina Siria, eye Priskila kple Akwila kpe ɖe eŋuti; eye wolũ ta le Kenxrea, elabena eɖe adzɔgbe.


Wofia Aƒetɔ la ƒe ma amesia, eye wònye dzome le gbɔgbɔ la me; eƒoa nu, eye wòtia Yesu ŋutinya pɛpɛpɛ; ke Yohanes ƒe mawutsidedetaname ko wonyã;


Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Ke eya gblɔ bena: Aleke mate ŋui, ne amea ɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ.


Ŋku mate ŋu agblɔ na asi bena: Wò koe mele ŋunye o, alo ta hã mate ŋu agblɔ na afɔwo bena: Miawo koe mele ŋunye o.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Ne amea ɖe susu bena, yedze si nane la, ekema medze si alesi wòdze be, wòadze sii la haɖe o.


Eyata mina miagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti, bene miagaɖo dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzixɔse


Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa