Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 18:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wova Efeso, eye wògblẽ woamawo ɖi ɖe afima; ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòƒo nu na Yudatɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Esi wova ɖo Efeso la, Paulo gblẽ Akwila kple Priskila ɖe tɔdziʋu la me, eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 18:19
21 Mawu Ofanana  

Eye esi woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ wòadidí ʋee la, melɔ̃ o;


ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso.


Ke Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Apolo, Aleksandriatɔ tso dzodzo me, ŋutsu, si nya nuƒoƒo, eye wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me la, va Efeso.


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


Esime Apolo le Korinto la, eva me be, Paulo to kɔkɔƒenutowo me va Efeso, eye wòkpɔ nusrɔ̃laa ɖewo;


Eye Yudatɔ kple Helatɔ, siwo katã le Efeso la, se ale nya sia, eye vɔvɔ̃ dze wo katã dzi, eye wodo Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe dzi.


Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.


Eye esi wose esia la, woyɔ fũ kple dɔmedzoe, eye wodo ɣli gblɔ bena: Gãe nye Efesotɔwo ƒe Diana la!


Ke esi dua me gbalẽŋlɔla na ameha la zi ɖoɖoe la, egblɔ bena: Efeso-ŋutsuwo, ameka gɔ̃e ti, si menya bena, Efeso du la enye Diana gã la kple legba, si ge tso dziƒo la ƒe subɔla oa?


Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi.


Ese le Mileto la edɔ ɖo, ɖe Efeso, woɖayɔ hamemegãwo vɛ.


Elabena tsã la wokpɔ eya kple Trofimo, Efesotɔ la, le dua me, amesi wobu xa bena, Paulo kplɔ yi mawuxɔ la me.


Nenye ame ƒe susu nue mewo aʋa kple lã wɔadãwo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, ekema „minɛ míaɖu nu, eye miano nu, elabena etso miele kuku ge!“


Ke matsi Efeso yiɖase Pentekoste dzi.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:


Alesi mexlɔ̃ nu wò be, nanɔ Efeso, esime meyina ɖe Makedonia, bene naɖe se na amea ɖewo be, womagafia nu bubu o,


Aƒetɔ la naɖi nɛ, be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Aƒetɔ la gbɔ le ŋkeke ma dzi; eye subɔsubɔdɔ geɖe, siwo wòwɔ le Efeso la, wò la ènyae petepete.


Ke Tixiko ta meɖoe ɖe Efeso.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Efeso la, ƒe dɔla bena: Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, amesi le sikakaɖiti adreawo titina zɔm la, eyae gblɔ esiawo bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa