Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 18:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Esi Paulo ganɔ afima ŋkeke geɖe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo ʋu yina Siria, eye Priskila kple Akwila kpe ɖe eŋuti; eye wolũ ta le Kenxrea, elabena eɖe adzɔgbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Paulo ganɔ dua me ɣeyiɣi aɖewo, eye emegbe la, eklã xɔsetɔwo, eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nuto me. Ekplɔ Priskila kple Akwila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kenkrea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 18:18
17 Mawu Ofanana  

Eye amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, nalũ eƒe ta, si ŋu ko la, le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wòatsɔ eƒe taɖa, si ŋu ka la, ade dzo, si le akpedavɔsa te la me.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa koŋ la,


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Eye esi wòɖe mo na wo megbe la, edzo heyi ɖe to la dzi, be yeado gbe ɖa.;


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.


Eye wòyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ ɖom hameawo.


Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ,


eye amesia de asi nuƒoƒo me kple kalẽ le ƒuƒoƒe la. Ke esi Akwila kple Priskila woɖo toe la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe ma gome fiae kɔte wu tsãtɔ.


Ke esi wòle didim be, yeayi Axaya la, nɔviawo de dzi ƒo nɛ, eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo be, woaxɔe. Eye esi wòva afima la, ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me;


Eyaŋuti nawɔ nusi ke miato na wò.


Ŋutsu ene, siwo ɖe adzɔgbe la, le mía si; amesiawo natsɔ, eye nakɔ ɖokuiwò ŋuti kpli wo, eye naxe nusi wonana la, ɖe wo ta, be woate ŋu alũ ta; ekema amewo katã adze sii bena, nusiwo yewose le ŋutiwò la, mele eme o; ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi.


Eye esi Kipro le dzedzem, eye míeɖee ɖe mia me la, míeyi Siria; eye míeɖi go ɖe Tiro; elabena afima ʋua le eƒe agbawo ku ge ɖo.


Mele Foibe, mia nɔvinyɔnu, si nye Kenxrea-hame ƒe subɔla la, kafum na mi,


eye mezu abe Yudatɔ ene hena Yudatɔwo, bena asinye nasu Yudatɔwo dzi; eye mezu abe amesi le sea te ene hena amesiwo le sea te, wònye nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o, bene asinye nasu amesiwo le sea te la dzi;


Emegbe la meva Siria kple Kilikia nutoawo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa