Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 18:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 hegblɔ bena: Amesia le amewo ƒe tame trɔm, bena woasubɔ Mawu, alesi mele sea nu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple se la o dzi.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 18:13
7 Mawu Ofanana  

Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.


ke nenye anukutsyɔtsyɔ le nyawo kple ŋkɔwo kpakple miaƒe sea ŋuti ta la, mia ŋutɔwo mikpɔ egbɔ; elabena nyemelɔ̃ be, manye nusiawo tɔgbe ƒe ʋɔnudrɔ̃la o.


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


hele ɣli dom bena: Israel-ŋutsuwo, miva xɔ na mí loo! Amesiae nye amesi nɔa nu fiãm amewo katã le afisiafi hetsi tre ɖe dukɔ la kple se la kpakple teƒe sia ŋuti, eye wu esia la ekplɔ Helatɔwo hã va mawuxɔ la me, eye wòƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.


elabena Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ bena: Nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe Yudatɔwo ƒe se la alo ɖe gbeɖoxɔ la alo ɖe kaisaro ŋu o.


eye woɖo aʋatsoɖaseɖilawo, amesiwo gblɔ bena: Nenem me sia midzudzɔ nuƒoƒo ɖe teƒe kokoe la kple se la ŋu o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa