Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 17:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ miaƒe nu subɔsubɔwo. Ke mekpɔ vɔsamlekpui aɖe si ŋuti woŋlɔ ɖo be, mawu si mienya o la tɔe. Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 17:23
19 Mawu Ofanana  

Emewɔ alea na dukɔa ɖeke o, eye womenya eƒe kɔnuwo o. Mikafu Yehowa!


Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!


le nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel ta; metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò, eye metsɔ bubuŋkɔ na wò, esi mèkpɔ dze sim haɖe o.


Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.“


Fofo dzɔdzɔe, xexeame menya wò o, ke nye la menya wò, eye amesiawo hã wonyã bena, wòe dɔm ɖa;


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o; miawo la miedoa gbe da na nusi mienya; elabena xoxo la tso Yudatɔwo gbɔ.


Yesu ɖo ŋu bena: Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem.


Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me;


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la.


Ke nenye nusiwo woyɔna be mawuwo li hã, eɖanye le dziƒo alo anyigba dzi o, abe alesi mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li ene la;


bena mienɔ anyi le ɣemaɣi me Kristo menɔ mia si o, eye míenye ame tutɔwo na Israel ƒe dumetɔnyenye la kple amedzrowo na ŋugbedodo la ƒe nubablawo, eye mɔkpɔkpɔa ɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o.


amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.


Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa