Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 17:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 17:2
18 Mawu Ofanana  

Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.


Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nyaa ɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o.


Ke woawo la wotsa tso Perge, eye wova ɖo Antioxia le Pisidia. Eye woyi ɖe ƒuƒoƒe me le Sabat-ŋkeke dzi, eye wobɔbɔ nɔ anyi.


Eye esi woɖo Salami la, wogblɔ mawunya la fia le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me; eye Yohanes hã le wo ŋu abe woƒe subɔla ene.


Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.


Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me.


Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe.


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.


Ke esi wòle dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu nyui kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃, si le vava ge la, ŋutinya gblɔm la, dzidzi ƒo Felike, eye wòɖo ŋu bena: Azɔ la heyi egbɔ: ne mekpɔ asinu nyui la, mana woayɔ wò vɛ.


Eye esi woɖo ŋkeke nɛ la, ame geɖewo va egbɔ le eƒe dzeƒe la, amesiwo wògblɔ nya la na hele ɖase ɖim le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòle eƒom ɖe wo nu le Yesu ŋuti tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me tso ŋdikanya vaseɖe fiẽ.


Eye Filipo ke nu, eye wòdze gome tso ŋɔŋlɔ sia dzi hegblɔ Yesu ŋu nyanyuie la fiae.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu,


Eyata miva ɖo, ne maɖe dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ na mia kple mia fofowo la me na mi le Yehowa ŋku me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa