Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 17:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ mawuvɔ̃lawo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 17:17
17 Mawu Ofanana  

Woayra amesi ɖoa tom hedzɔa nye ʋɔtru nu gbesiagbe, eye wòkpɔa nye agbo ƒe agbalinu dzi.


Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe yɔm fũ, eye eléle ɖe dɔ me tim. Trɔe kɔ ɖe ɖeviwo dzi le ablɔ me kple ɖekakpuiwo ƒe ha siaa dzi; elabena woalé ŋutsu kple nyɔnu, ame tsi-tsi kple amegã ɖeɖi siaa!


Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã.


Eyaŋuti nusianu, si ke miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nusi miegblɔ ɖe to me le xɔgã me la, woaɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.


enye mawumeme, eye wòvɔ̃a Mawu kple eƒe aƒe blibo la; amesi wɔ dɔmenyonu geɖewo na amewo, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu ɖaa.


Tete Paulo tsi tre, eye wòɖo asi wo dzi gblɔ bena: Israel-ŋutsuwo kple mi amesiwo vɔ̃a Mawu la, miɖo to!


Eye esi ƒuƒoƒemetɔwo ka la, Yudatɔ kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la, dometɔ geɖe dze Paulo kple Barnaba yome, amesiwo ƒo nu na wo, eye wode dzi ƒo na wo bena, woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me.


Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.


Eye ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, ɖi Stefano, eye wofa konyi nɛ ŋutɔ.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo;


amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa