Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 16:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Tete gaxɔdzikpɔla ɖi vo tso alɔ me; eye esi wòkpɔ bena, gaxɔla ƒe ʋɔtruawo le nuvo la, edi yi, be yeawu ye ɖokui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe, elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta la, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 16:27
9 Mawu Ofanana  

Eye esi Herodes du, eye mekpɔe o; la, edrɔ̃ ʋɔnu dzɔlawo, eye wòde se bena, woakplɔ wo ayi amewuƒe. Eye wòdzo le Yudea yi Kaisarea, eye wòna afima.


Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


Esi Zimri kpɔ bena, woxɔ dua la, eyi ɖe fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me, eye wòtɔ dzo fia ƒe xɔ la ɖe eɖokui dzi, eye woku


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Enumake wòyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ ne bena: Di wò yi, ne natrɔm ɖo, ne womagagblɔ ɖe ŋunye be, nyɔnue wui o! Tete eƒe adekplɔvi da nui wòku.


Ke Paulo do ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Megawɔ vɔ̃a ɖeke ɖokuiwò o, elabena mí katã miele afi!


Eye gaxɔdzikpɔla to nya siawo na Paulo bena, du me dziɖulawo dɔ ame ɖa, be woaɖe asi le mia ŋu; eyata mido go azɔ, ne miayi le ŋutifafa me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa