Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 16:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Le zã bliboa me la, Paulo kple Silas wonɔ gbe dom ɖa, nɔ ha dzim, nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 16:25
38 Mawu Ofanana  

ke womegblɔna be: Afika Mawu, nye wɔla, amesi na kafukafuhawo le zã me,


Yehowa, meɖoa ŋu wò ŋkɔ le zã me, eye meléa ŋku ɖe wò se la ŋu.


Mefɔ le zãtiƒe, be mada akpe na wò le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta?


Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi? Nye hũɖeɖe ƒe nyawo metsɔ ɖe nye xɔname gbɔ o.


Dawid tɔ, esime wòdo aɖaoatɔ eɖokui le Abimelex ŋku me, eye wònyãe wòdzo.


Le wò tsiwo ƒe kɔkɔɖanyi bababa me la tɔɖɔɖɔ yɔ tɔɖɔɖɔ; wò tsi kpakawo kple tsitsotsoewo ŋe ɖe dzinye.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Nuku menye na ame geɖewo, ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ.


Mekɔ gbe dzi na Mawu, eye mele ɣli dom; Mawue mekɔ gbe dzi na, ɖo tom!


Mele blema ŋkekewo kple gbaɖegbe ƒewo ŋu bum.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Miadzi ha abe le ŋkekenyuieɖuɣi ƒe zã me ene, eye miaƒe dzi akpa dzidzɔ abe amesiwo le dze kum le mɔ zɔm heyina ɖe Yehowa ƒe to la, ɖe Israel ƒe agakpe la gbɔ ene.


Wò nunɔlagã Yosua kple xɔ̃wò, siwo bɔbɔ nɔ gbɔwò la, misee; elabena ŋutsu, slwò nye kpɔdzidze la wonye. Elabena mele nana ge nye dɔla Zemax nava.


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome.


Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;


Eye wòkplɔ wo le zã ƒe gaƒoƒo ma ke dzi, eye wòklɔ abiawo na wo, eye wode mawutsi ta nɛ kple etɔwo katã enumake.


Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.


Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!


Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi mienyae bena, xaxa dzia dzidodo;


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me,


Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzo kpɔm.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ,


Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo.


Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi; ame mawo gbɔ la wogblɔ busunya ɖe eŋuti, ke mia gbɔ la wokɔ eŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa