Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 16:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo, elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta la, wona wolé Paulo kple Silas hekplɔ wo yi dumegãwo ƒe ŋkume le dutoƒo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 16:19
24 Mawu Ofanana  

Tete ŋutsu mawo ge ɖe eme, eye wokpɔ Daniel wole gbe dom ɖa hele koko ƒom le eƒe Mawu ŋku me.


Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.


Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Eye esi trɔ̃subɔlawo kple Yudatɔwo kpakple woƒe dziɖulawo ɖo bena, woadze wo dzi, be woadi gbɔ wo, eye woaƒu kpe wo la,


Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome.


amesiwo tsɔ woƒe agbe na ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ta.


Ke Paulo fia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi nɔviawo tsɔe de Mawu ƒe amenuveve me la, edzo heyi.


Eye wòva me bena, esime mieyina gbedoɖaƒe la, nyɔnudɔlaa ɖe, si me afakakagbɔgbɔ le la, kpe mí, amesi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe geɖe to nukaka me la.


eye esi wokplɔ wo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ la, wogblɔ bena: Amesiawo la, Yudatɔwo wonye, eye wole míaƒe du la nyamam;


Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo.


Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu


Eye esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔviaa ɖewo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ hele ɣli dom bena: Amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã,


Eye du blibo la katã tɔ zi, eye ameawo le du ƒum va le ta kpem, eye wole Paulo, eye wohee do goe tso mawuxɔ la me, eye wodo ʋɔtruawo enumake.


Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.


elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti.


le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me,


elabena ʋiʋli ma ke, si miekpɔ le ŋunye, eye azɔ miesenɛ le ŋutinye la, le miawo hã mia si.


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ amea ɖewo ɖi, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.


Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa