Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 16:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Lidia, aɖabɛdzrala tso Tiatira-dua me, amesi vɔ̃a Mawu la, ɖo to, amesi ƒe dzi Aƒetɔ la ʋu bena, wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo, eye esi Paulo nɔ nu ƒom la, Mawu ʋu eƒe dzi, eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 16:14
24 Mawu Ofanana  

Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Nye lɔlɔ̃tɔ do asi ɖe fesre nu, tete nye lãme gbagba yi ɖe eŋu.


Aƒetɔ Yehowa ʋu to nam, nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o.


Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;


Ke Helatɔa ɖewo le amesi wo yina gbe do ge ɖa le ŋkekenyuiea ɖuƒe la dome;


enye mawumeme, eye wòvɔ̃a Mawu kple eƒe aƒe blibo la; amesi wɔ dɔmenyonu geɖewo na amewo, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu ɖaa.


Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.


Eye esi ƒuƒoƒemetɔwo ka la, Yudatɔ kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la, dometɔ geɖe dze Paulo kple Barnaba yome, amesiwo ƒo nu na wo, eye wode dzi ƒo na wo bena, woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me.


Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.


Eye wodo go tso gaxɔ me yi ɖe Lidia ƒe me: eye esi wokpɔ nɔviawo la, woɖe dzi ƒo na wo, eye wodzo.


Eye esi wòdzo le afima la, eyi ɖe ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Tito Yusto la ƒe me; amesi vɔ̃a Mawu, eye eƒe xɔ te ɖe ƒuƒoƒea ŋu kekeake.


Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da;


Eyaŋuti azɔ metso amesi le lɔlɔ̃m alo amesi le du sim la gbɔ o, ke etso Mawu, si kpɔa nublanui la gbɔ boŋ.


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa