Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye tso afima mieva Filipi, si nye Makedonia-nyigba ƒe du gbãtɔ, eye wònye Romatɔwo ƒe dutsotso la; ke míenɔ du sia me ŋkekea ɖewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Mlɔeba la, míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe du aɖe si le Makedonianyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 16:12
14 Mawu Ofanana  

Eye esi wòkpɔ ŋutega la la, enumake miedi be, míayi Makedonia, esi miedze sii pete bena, Mawue yɔ mí ɖa, be miagblɔ nyanyuie la afia wo.


eye wole kɔ, siwo medze mi be, miaxɔ alo mianyi o la, gblɔm fia mi, elabena Romatɔwo míenye.


Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!


Eye esi Sila kple Timoteo wotso Makedonia va la, Paulo lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na Yudatɔwo bena, Yesu yenye. Kristo.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Eye du blibo la katã yɔ fũ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ, eye woƒu du r--- kple tame ɖeka yi ɖe dukɔ la ƒe takpeƒe, eye wohe Gayo kple Aristarxo, Makedoniatɔ, siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhawo la, yii.


Eye esi wodzudzɔ hoowɔwɔ megbe la, Paulo ya nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye esi wòdo gbe na wo la, eklã wo hedzo yina Makedonia.


Eye wònɔ afima ɣleti etɔ̃; ke esi wòdi be, yeado ʋu ayi Siria, eye Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu la, eɖo tame be, yeagbugbɔ aɖato Makedonia.


Eye esi miawo mieɖo ʋu tso Filipi le amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekeawo megbe la, mieva ɖo wo gbɔ le Troa le ŋkeke etɔ̃agbe, eye mienɔ afima ŋkeke adre.


Eye esi mieɖo Adramitio-ʋua ɖe, si le didim be, yeadze ɖe Asia ƒe ʋudzeƒewo la, míeho yi; eye Makedoniatɔ Aristarxo, si tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.


Elabena edze Makedonia kple Axaya ŋu bena, woadzo nu na ame dahe, siwo le Yerusalem ƒe ame kɔkɔewo dome la.


Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


le miaƒe hadede, si le nyanyuie la me tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe fifi la ŋuti,


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa