Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 15:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 15:7
25 Mawu Ofanana  

Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.


Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Yohanes ɖo ŋu gblɔ bena: Ame mate ŋu axa naneke o, ne menye ɖe wonae tso dziƒo o.


Ŋutsuwo kple nɔviwo, ele be, woawu ŋɔŋlɔ, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to Dawid nu la nu le Yuda, amesi zu mɔfiala na amesiwo lé Yesu la ŋuti.


Eye wodo gbe ɖa gblɔ bena: Aƒetɔ, wò amesi nya amewo katã ƒe dzime la, fia ame eve siawo dometɔ ɖeka, si nètia,


Ke esi Petro le ŋutega la ŋuti bum la, Gbɔgbɔ la gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu etɔ̃ le diwòm.


Eyata tsi tre, ne naɖi, eye nayi kpli wo, eye megake ɖia ɖeke o, elabena nyee dɔ wo.


Eye esi wole Aƒetɔ la subɔm, eye wotsia nu dona la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ bena: Azɔ mitia Barnaba kple Saul nam hena dɔwɔwɔ, si ŋuti meyɔ wo ɖo.


Simeon xlẽ fia, alesi Mawu kpɔ trɔ̃subɔlawo ɖa gbã, bena yeaxɔ dukɔ tso wo dome hena eƒe ŋkɔ la.


Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.


Eye wòzu dɔmedzoe na wo, eye womã tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba tsɔ Marko kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woɖo ʋu yi Kipro.


Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Eye nusrɔ̃laa ɖewo hã tso Kaisarea yi kpli mí, eye wokplɔ mi de asi na Mnason, nusrɔ̃la xoxoa ɖe tso Kipro, amesi gbɔ miadze.


Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.


Wò amesi gblɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me le mía fofo Dawid, wò dɔla, ƒe nu me bena: „Nukaŋuti trɔ̃subɔlawo le nyanyrãm, eye dukɔwo le tame ʋum dzodzro?


Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me;


Miwo nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa