Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.
Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome.
Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o.