Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 15:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke amea ɖewo, siwo tso farisitɔwo ƒe kɔmamã me, amesiwo xɔ se la, tsi tre, eye wogblɔ bena, ele bena, woatso aʋa na wo, eye woaɖo na wo be, woalé Mose ƒe se la me ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 15:5
14 Mawu Ofanana  

Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Eye amea ɖewo tso Yudea va fia nu nɔviawo bena: Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ xɔxɔ o.


Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la;


Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu;


Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se,


Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã,


Ke miele didim bena, miase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena miese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.


Ke nunɔlagã la tsi tre kple amesiwo le eŋu la, siwo nye zadukitɔwo ƒe kɔmamã, eye woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã.


Ne woyɔ amea ɖe, si nye aʋatsotsotɔ la, negahe aʋayi tsyɔ edzi o, ne woyɔ amea ɖe le aʋamatsomatso me la, nagatso aʋa o.


Ke esi Petro va Antioxia la, metsi tre ɖe eŋu le eya ŋutɔ ŋku me; elabena wotso enu.


Ke esime mekpe bena, womele zɔzɔm dzɔdzɔe le nyanyuie la ƒe nyateƒe la nu o lã, megblɔ na Petro le wo katã ŋku me bena: Ne wò amesi nye Yudatɔ la, nènɔ agbe abe trɔ̃subɔla ene, eye menye abe Yudatɔ ene o la, aleke wo nèzi trɔ̃subɔlawo dzi, bena woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa