Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 15:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Ke ŋkekea ɖewo megbe la Paulo gblɔ na Barnaba bena: Azɔ na miagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du, si me miegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la le, alesi wole wɔwɔm.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 15:36
21 Mawu Ofanana  

wodze sii, eye wosi yi ɖe Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe, kple afima nutoawo me.


Azɔ woawo la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la dɔ wo ɖa la, wova Seleukia, eye tso afima woɖo ʋu yi Kipro.


Ke woawo la, esi woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti ɖe wo ŋu la, wova Ikonio.


Nu bubu, siwo gadzo la, wonye: Amewo ƒe ziƒoƒo ɖe ŋunye gbesiagbe, kple beléte na hamewo katã.


Elabena ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunanaa ɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi;


Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se.


Eye Mose trɔ gbã va toa Yetro gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Mele didim be, magbugbɔ aɖakpɔ nɔvinyewo ɖa le Egipte be, wogale agbe mahã? Yetro ɖo ŋu; na Mose bena. Heyi faa!


ne medo ŋku wò aɖatsiwo dzi la, edzroam be, makpɔ wò, bene dzidzo nayɔm fũ —


Ke azɔ la, esi Timoteo tso mia gbɔ va mia gbɔ, eye wòhe dzidzɔnya vɛ na mí le miaƒe xɔse kple miaƒe lɔlɔ̃ ŋuti, eye bena mietsɔa ŋkuɖoɖodzi nyui ɖoa ŋku mía dzi ɖaasi, eye bena edzroa miawo hã be, míakpɔ mí, abe alesi wòdzroa míawo hã be, miakpɔ mi ene la ŋuti;


Eye esi wogblɔ nyanyuie la fia du ma, eye wowɔ ame geɖewo zu nusrɔ̃lawo la, wogbugbɔ va Listra kple Ikonio kpakple Antioxia,


Eye esi wòxɔ ƒe blane la, eɖo tame be, yeaɖakpɔ nɔvia Israel-viwo ɖa.


amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o.


Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye.


Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi, siwo le nye dukɔa kplɔm la ŋu enye si: Miekaka nye alẽwo, mienyã wo ɖe gbe, eye miedi wo yome mɔ o, eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta; Yehowa ye gblɔe!


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


Tete esi dua me dziɖula kpɔ nusi va ve me la, exɔe se, eye kuvia ɖoe le Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋuti.


Eye Mardoxai ɖia tsa gbesiagbe le nyɔnuwo ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu la nu, be yeanya, alesi Ester le kple nusi dzɔ ɖe edzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa