Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 15:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Enyo mía ŋu, esi mieƒo nu ɖekae be, míadɔ ŋutsu tiatiawo akpe ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo, Barnaba kple Paulo ŋu aɖo ɖe mi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 15:25
18 Mawu Ofanana  

ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò.


enyo nye hã ŋu, esi medzro wo katã me kpɔ tsitotsito vaseɖe egɔme ke bena, maŋlɔe na wò ɖekaɖeka, amegã Teofil,


Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.


Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.


Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome.


Ke Paulo kple Barnaba wonɔ Antioxia hele nu fiãm, eye wole Aƒetɔ ƒe nyanyuie la gblɔm fia kple ame bubu geɖewo hã.


Eye apostoloawo kple hamemegãwo va kpe ta be, yewoakpɔ nya sia me da.


Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka.


Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ


Miɖuɖɔ Trifena kple Trifosa, siwo le agbagba dzem le Aƒetɔ me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Persis lɔlɔ̃tɔ, si dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ me la, nam ƒã.


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamãa ɖeke naganɔ mia dome o; ke míazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Ke bene miawo hã mianya alesi mele kple nusi wɔm mele la, mia nuvi lɔlɔ̃tɔ Tixiko, amesi nye subɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ana mianya nuwo katã;


Nusiwo katã va dzo ɖe dzinye la, Tixiko, nɔvi lɔlɔ̃tɔ kple subɔla nuteƒewɔla kpakple hadɔwɔla le Aƒetɔ me la, ana mianyae,


eye metso Onesimo, nɔvi nuteƒewɔla lɔlɔ̃tɔ, si tso mia dome la, hã kpe ɖe eŋuti; eye wòana mianya nusiwo katã le afisia.


megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?


eye mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ, abe alesi mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ Paulo hã ŋlɔ ɖo ɖe mi le eƒe nunya, si wonae la nu ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa