Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 15:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Azɔ la, apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnabas ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia Yuda (si wogayɔna be Barsaba) kple Silas, ame siwo nye amegãwo le hamea me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 15:22
29 Mawu Ofanana  

Eye esi ameha blibo la dze sii la, edze wo ŋu; nusianu, si fia la wɔ la, dze ameha blibo la ŋu.


Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Eye nya la dze fia la kple ameha blibo la ŋu.


Eye wotso ame eve: Yosef, si woyɔna be Barsaba, amesi wogayɔna hã be Yusto, kple Matia la, ɖo tsitre.


Azɔ amesiwo ka hlẽ le xaxa, si va le Stefano ŋuti me la, tso me yi vaseɖe Foinike kple Kipro kpakple Antioxia, ke womegblɔ; nya la na amea ɖeke o, negbe na Yudatɔwo ɖeɖe ko.


Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo.


Eye wo ŋutinya ɖi va hame, si le Yerusalem la, ƒe to me, eye wodo Barnaba ɖo de Antioxia.


Eye le ŋkeke siawo me la nyagblɔɖilawo tso Yerusalem va Antioxia.


Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.


Enyo mía ŋu, esi mieƒo nu ɖekae be, míadɔ ŋutsu tiatiawo akpe ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo, Barnaba kple Paulo ŋu aɖo ɖe mi,


Azɔ míedɔ Yuda kple Sila ɖa, amesiwo ŋutɔ hã lagblɔe na mi nenema ke kple woƒe nu.


Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


Azɔ woawo la, esi wodo mɔ wo la, wova Antioxia, eye woƒo ameha la nu ƒu, eye wotsɔ agbalẽ la na.


Eye Yuda kple Sila, amesiwo hã nye nyagblɔɖilawo la, xlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖewo; eye wodo ŋusẽ wo.


Ke Paulo fia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi nɔviawo tsɔe de Mawu ƒe amenuveve me la, edzo heyi.


Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;


Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo.


Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu


Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me.


Tete nɔviawo dɔ Paulo ɖe ƒu gome enumake, eye Sila kple Timoteo tsi afima.


Eye wo dome amea ɖewo xɔe se, eye woku ɖe Paulo kple Sila ŋu kple Helatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la dome ame geɖe, kple nyɔnu ŋkutatɔwo, menye ame ʋeea ɖe o.


Eye esi Sila kple Timoteo wotso Makedonia va la, Paulo lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na Yudatɔwo bena, Yesu yenye. Kristo.


Tete la esi apostolo, siwo le Yerusalem la, se bena, Samaria xɔ mawunya la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ;


Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, amesi woɖe gbe ƒã le mia dome to mi, amesiwo nye nye, Silvano kple Timoteo dzi la, menye ẽ kple o o, hafi enye ẽ le eyama me boŋ.


Paulo kple Silvano kple Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ƒe hame, si le Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo me: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso! Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Paulo kple Silvano kple Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ƒe hame, si le Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo me:


Meŋlɔ nya kpui sia ɖo ɖe mi to Silvano, amesi mebu nɔvi nuteƒewɔla la, si me hele nu xlɔ̃m, mi, eye mele ɖase ɖim bena, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ. Minɔ tsitre sesĩe ɖe eme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa