Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 15:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eyaŋuti nye la mebu bena, miagaɖe fu na amesiwo trɔ tso trɔ̃subɔlawo dome va Mawu gbɔ la o,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 “Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 15:19
12 Mawu Ofanana  

Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.


Azɔ nukaŋuti miele Mawu tem kpɔ be, miatsɔ kɔkuti, si mia fofowo kple mia ŋutɔwo hã miete ŋu tsɔ o la, aku nusrɔ̃lawo ƒe kɔa?


Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la;


Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


eye wose le ŋutiwò bena, èfia nu Yudatɔ, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome, bena wòatrɔ le Mose yome hele gbɔgblɔm bena, womegatso aʋa na wo viwo alo woazɔ le kɔawo nu o.


Ke trɔ̃subɔla, siwo xɔ se la, ŋutie mieŋlɔ, eye mieɖo le bena, woatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋume kpakple ahasiwɔwɔ.


ke boŋ megblɔe fia Damaskotɔwo gbã, kple amesiwo le Yerusalem kple Yudea nutometɔwo katã kpakple trɔ̃subɔlawo hã, bena woatrɔ le woƒe dzi me, eye ne woagbugbɔ ava Mawu gbɔ, ne woawɔ dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ.


Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti,


elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa