Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 15:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Azɔ nukaŋuti miele Mawu tem kpɔ be, miatsɔ kɔkuti, si mia fofowo kple mia ŋutɔwo hã miete ŋu tsɔ o la, aku nusrɔ̃lawo ƒe kɔa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la ada ɖe wo dzi be woatsɔ mahã?

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 15:10
11 Mawu Ofanana  

Tete dukɔ la wɔ dzre kple Mose, eye wogblɔ bena: Mina tsi mi miano! Mose ɖo ŋu na wo bena: Nukaŋuti miele dzre wum kplim? Nukaŋuti miele Yehowa tem kpɔ?


Tete Axaz gblɔ bena: Nyema-biae o, ne nyemahayi Yehowa te ge akpɔ o.


Ke wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.


Yesu gblɔ ne bena: Wogaŋlɔ ɖi hã bena: „Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!“


Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.


Ke azɔ la, esi mienya Mawu alo Mawu boŋ nya mi la, aleke wɔ, eye miegatrɔ yi ɖe gɔmedzenu gbɔdzɔ daheawo gbɔ, eye miegale didim be, miagasubɔ wo tso gɔmedzedzea me mahã?


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


esime mia fofowo tem kpɔ, eye woɖom kpɔ, eye wokpɔ nye dɔwɔwɔwo ƒe blane sɔŋ.


esi nye lododo na ɣeyiɣi, si gali fifi, esi me wotsoa nunana kple vɔsasa, siwo mate ŋu awɔ amesiwo le Mawu subɔm la blibo le dzitsinya nu o la, nana lena;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa