Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 14:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi trɔ̃subɔlawo kple Yudatɔwo kpakple woƒe dziɖulawo ɖo bena, woadze wo dzi, be woadi gbɔ wo, eye woaƒu kpe wo la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ke ame siwo menye Yudatɔwo o, kpakple Yudatɔwo kple woƒe dumegãwo wɔ ɖoɖo be yewoadze Paulo kple Barnabas dzi aƒu kpe wo, awɔ nu vevi wo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 14:5
16 Mawu Ofanana  

Wole gbɔgblɔm be: Miva, míatsrɔ wo, ne womaganye dukɔ o, eye ne womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi azɔ o!


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,


miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta.


Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu.


Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me.


Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.


Ke duametɔwo ma, ɖewo de Yudatɔwo dzi, eye bubuwo le apostolowo dzi.


Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me.


Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome;


Elabena miawo, nɔviwo, miezu Mawu hame, siwo le Yudea le Kristo Yesu me la, srɔ̃lawo; elabena miawo hã míekpe fu mawo ke tso mia ŋutɔwo mia dumeviwo gbɔ, abe alesi woawo hã wokpee tso Yudatɔwo gbɔ la ene;


esi wòxea mo na mí, bena míagagblɔ nya na trɔ̃subɔlawo, bene woaxɔ wo ɖe agbe o, bene woayɔ woƒe nuvɔ̃wo taŋtaŋ ɖaasi la ŋuti; ke dziku, si ava wo dzi la, yɔ taŋtaŋ.


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa