Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 13:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke esi woto ƒukpo blibo la me vaseɖe Pafo la, wokpɔ Yudatɔa ɖe, si nye afakala kple aʋatsonyagblɔɖila, amesi ŋkɔ nye Baryesu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 13:6
24 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me Egblɔ bena: Àte ŋu aflui, heyi ɖawɔ nenema.


Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se,


Amesiame, si adɔ lãa ɖe gbɔ la, woawui.


Ne amea ɖe yi ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ, eye wòdze wo yome la, maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Eye ne amea ɖe gale nya gblɔm ɖi la, ekema eƒe dzilawo, fofoa kple dadaa woagblɔ nɛ bena: Mãtsi agbe o, elabena ègblɔ alakpanya le Yehowa ƒe ŋkɔ me; eye eƒe dzilawo, fofoa kple ɖaɖaa, woaɖa nui, ne egblɔ nya ɖi.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.


Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.


Eye wova Yerixo; eye esi wòdo go tso Yerixo kple eƒe nusiawo kple ameha gã la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔ to.


Eye esi Paulo kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, ɖo ʋu tso Pafo la, wova Perge le Pamfilia. Eye Yohanes dzo le wo gbɔ gatrɔ yi Yerusalem.


Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me.


Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo.


Alesi Yane kple Yambre wotsi tre ɖe Mose ŋuti la, nenema ke woawo hã wotsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti; Ame tamegbegblẽtɔwo, amesiwo meli ke le xɔse me o.


Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.


Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa