bena Mawu wu eya ke nu na mi, amesiwo nye wo viwo, le esime be wòna Yesu tsi tre, abe alesi woŋlɔ ɖe Psalmo evelia me ene bena: „Vinye nènye, egbe sia medzi wò.“
Ke esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye megale tɔtrɔ ge ayi de nyunyɔ me o la, egblɔ ale bena: „Matsɔ Dawid ƒe amenuveve, siwo li ke la, ana mi.“
elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.
Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu.
ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.