Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 13:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tete Paulo tsi tre, eye wòɖo asi wo dzi gblɔ bena: Israel-ŋutsuwo kple mi amesiwo vɔ̃a Mawu la, miɖo to!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Paulo tsi tsitre heɖo asi wo dzi, eye wògblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afi sia si vɔ̃a Mawu la, miɖo tom!

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 13:16
29 Mawu Ofanana  

ne woavɔ̃ wò ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mia fofowo la dzi.


Lewi ƒe aƒe, mikafu Yehowa; mi amesiwo vɔ̃a Yehowa, mikafu Yehowa!


Anyigba mie eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.


Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.


Amesi to senu ti nɛ la, nesee.


Ke esi wòɖo go la, mete ŋu ƒo nu na wo o, eye wodze sii bena, ekpe nu le mawuxɔ la me, eye wòmia asi wo, eye wòtsi nu maƒomaƒo.


Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.


Tete ekeme xɔ edzi hewo ɖe eta gblɔ bena: Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe meva Mawu oa?


enye mawumeme, eye wòvɔ̃a Mawu kple eƒe aƒe blibo la; amesi wɔ dɔmenyonu geɖewo na amewo, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu ɖaa.


hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke venɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.


Eye wòɖo asi wo dzi bena, woazi ɖoɖoe, eye wòxlẽ alesi Aƒetɔ la kplɔe do goe tso gaxɔa me la, fia wo. Eye wògblɔ bena: Mika nusiawo ta na Yakobo kple nɔviawo. Eye wòdzo le afima yii afi bubu.


Ŋutsuwo, nɔviwò, Abraham ƒomeviwo kple mia dome amesiwo vɔ̃a Mawu la, miawoe wotsɔ xɔxɔnya sia ɖo ɖa.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Tete wohe Aleksandro tso ameha la me do go, elabena Yudatɔwo le asi tumi do ɖe ŋgɔgbe. Eye Aleksandro mia asi hele didim be, yeaɖe ye ɖokui nu na ameha la.


Tete la Petro kple ame wuiɖekɛawo tsi tre, eye wòkɔ eƒe gbe dzi gblɔ na wo bena: Yudea-ŋutsuwo kple mi amesiwo katã nɔa Yerusalem, minya esia, eye mina nye nyawo nayi ɖe miaƒe towo me;


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Eye esi wòna mɔe la, Paulo le tsitre ɖe atrakpuiawo dzi, eye wòɖo asi ameha la dzi; eye esi ɖoɖoe zi klene la, egblɔ na wo le Hebrigbe me bena:


Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o.


Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa