Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 13:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke woawo la wotsa tso Perge, eye wova ɖo Antioxia le Pisidia. Eye woyi ɖe ƒuƒoƒe me le Sabat-ŋkeke dzi, eye wobɔbɔ nɔ anyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me. Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 13:14
13 Mawu Ofanana  

Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.


Eye esi wole go ɖom la, woɖe kuku na wo bena, woagagblɔ nya siawo na yewo le Sabat keme dzi.


Eye le Sabat, si dze eyome dzi la, esusɔ ʋee, ne du blibo la katã kloe naƒo ƒu ase mawunya la.


Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.


Eye esi woɖo Salami la, wogblɔ mawunya la fia le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me; eye Yohanes hã le wo ŋu abe woƒe subɔla ene.


Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku.


Eye le Sabat-ŋkeke dzi la mieɖo go tso dua me yi ɖe tɔ nu, afisi míesusu bena, enye woƒe gbedoɖaƒe: eye esi míebɔbɔ nɔ anyi la, mieƒo nu na nyɔnu, siwo va ƒo ƒu ɖi.


eye abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me;


Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.


Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se.


Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi.


nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa