Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 13:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 13:1
34 Mawu Ofanana  

Ke esi wodo go yina la, wokpɔ ŋutsua ɖe, si tso Kirene, amesi ƒe ŋkɔ enye Simon, eye wozi eyama dzi bena, wòatsɔ atitsoga la nɛ.


Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,


Nusia wowɔ hã, eye wodoe ɖe amegãawo to Barnaba kple Saul si me.


Eye Barnaba kple Saul, esi wowu subɔsubɔdɔ nu la, wogbugbɔ tso Yerusalem, eye wotsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, kpe ɖe wo ɖokui ŋu.


Tete la Saul, si woyɔna hã be Paulo, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, lé ŋku ɖe edzi gã


Eye Yuda kple Sila, amesiwo hã nye nyagblɔɖilawo la, xlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖewo; eye wodo ŋusẽ wo.


Ke Paulo kple Barnaba wonɔ Antioxia hele nu fiãm, eye wole Aƒetɔ ƒe nyanyuie la gblɔm fia kple ame bubu geɖewo hã.


Eye esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye woƒo nu kple aɖe yeyewo, eye wogblɔ nya ɖi.


Ke ɖetugbivi ene, siwo gblɔa nya ɖi la, le amesia si.


Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,


Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ,


Timoteo, hanyedɔwɔla, kple Lukio kple Yason kple Sosipatro, ƒonyemetɔwo, ɖuɖɔ mi ƒã.


Ke ŋutsu sia ŋutsu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye wòtsyɔ nu ta la, edoa ŋukpe eƒe ta.


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o; Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa.


Ke nyagblɔɖilawo la ame eve alo ame etɔ̃ nagblɔ nya ɖi, eye ame mamleawo nabu eme kpɔ.


Eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo bɔbɔa wo ɖokui na nyagblɔɖilawo.


Alo ɖe mia kple Barnaba ɖeɖekoe mekpɔ ŋusẽ bena, miagawɔ dɔ oa?


Eye Yudatɔ susɔeawo hã da alakpa kpakplii, ale gbegbe bena, wohe Barnaba hã ɖe woƒe alakpadada la me.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã, vevietɔ amesiwo tso kaisaro ƒe me la.


Migado vlo nyagbɔgblɔɖiwo o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa