Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 12:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe Herodes ɖo be woaɖe Petro adrɔ̃ ʋɔnui la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode gakɔsɔkɔsɔ asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 12:6
17 Mawu Ofanana  

Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.


Ede dzidzɔ nye dzi me wu wo le ɣeyiɣi, si me bli kple wein bɔ ɖe wo si.


Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, esime fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan ɖee tso Yerusalem kple Yuda ƒe aboyome, siwo wokplɔ yina Babel la dome; eɖe ga le eŋu, eye wòɖe asi le eŋu le Rama la.


Azɔ kpɔ ɖa, meɖe ga le wò alɔ ŋu egbe; ne edze ŋuwò nèbe, yeayi Babel kplim la, va miyi, eye nye ŋku anɔ ŋuwò; ke ne medze ŋuwò be, nayi Babel kplim o la, ekema nɔ anyi; kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, afisi nyo ŋuwò nebe, yeayi la, yi gama.


ke dzɔlawo dzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene le ŋɔ, si wòdzi na wo la ŋuti.


Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta.


Tete aʋafia gã la te ɖe wo ŋu, eve wòlée, eye wòde se be, woablae kple kɔsɔkɔsɔ eve; eye wòbia amesi wònye kple nusi wòwɔ.


Le nya sia ta meyɔ mi vɛ, bena makpɔ mi, eye ne maƒo nu kpli mi; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ ta wòbiam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.


Míekpɔ gaxɔa wòle tutu nyuie pɛ, eye dzɔlawo le tsitre le ʋɔtrua nu; gake esi míeʋui la, míekpɔ amea ɖeke le eme o.


esi ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi nado ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu ene.


Megblɔ be: Maɖo ƒuƒu ɖe wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le amegbetɔwo dome hafi,


Aƒetɔ la nakpɔ nublanui na Onesiforo ƒe aƒe la; elabena ena nye dzi gbɔ ɖe eme enuenu, eye ŋu mekpenɛ le nye kɔsɔkɔsɔwo ŋuti o;


Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa