Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 12:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ale Petro nɔ gaxɔ me, gake hame la katã nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 12:5
12 Mawu Ofanana  

Megale egblɔm na mi hã bena: Ne mia dome ame eve woawɔ ɖeka le anyigba dzi le nusianu me, eye woaɖe kuku la, ava ve me na wo tso Fofonye, si le dziƒowo la gbɔ.


Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti,


Eye esi wòle eŋuti bum la, eva Maria, Yohanes, si woyɔna be Marko la, dada ƒe xɔ nu, afisi ame geɖewo ƒo ƒu do hele gbe dom ɖa la.


Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe.


Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.


Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.


Esi miawo hã míetsɔa miaƒe kukuɖeɖe kpena ɖe mía ŋuti, bene ame geɖe nada akpe le mía ta le amenuvevenunana, si ame geɖe ƒe kukuɖeɖe na wòsu mia si la ŋuti.


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe!


Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene.


Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa