Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 12:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye dome vee ɖe Tirotowo kple Zidontɔwo ŋu; ke wova egbɔ kple nu sɔsɔe, eye esi wowɔ xɔlɔ̃ kple Blasto, si nye fia ƒe nuwo dzikpɔla la, wòbia tomefafa; elabena woƒe anyigba kpɔa nunyiame tso fia la tɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 12:20
24 Mawu Ofanana  

Wotsɔ ga na kpefulawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple nunono kpakple ami na Sidontɔ vo kple Tirolɔwo, ne woatsɔ sedertiwo atso Libanon dzi ato ƒu dzi ava Yafo, abe alesi Persia-fia Kores ɖe gbe na woa ene.


Yuda kple Israel tsa asi kpli wò; wotsɔ Minitɔwo ƒe lu, ƒo, anyitsi, ami kple lili ƒle wò adzɔnuwoe.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Ne dziɖula ƒe ɖɔmedzoe bi ɖe ŋuwò la, megaɖe afa le tewòƒe o, elabena tufafa tsia nuvɔ gãwo nu.


Megatsi klokloklo dzi de dzrewɔwɔ ŋu o, elabena nuka nawɔ emegbe, ne hawòvi do ŋukpe wòa?


Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ, hafi ne wòava do gã.


ekema miatso atiawo le Libanon-to dzi, alesi nu nèhiã, eye míabla wo tatata ato ƒu dzi ava Yafo na wò, eye nava afɔ wo ayi Yerusalem.


Tete Tiro-fia Xuram ŋlɔ ɖe agbalẽ me ɖo ɖe Salomo bena: Esi Yehowa lɔ̃ eƒe dukɔ ŋuti la, eyata wotsɔ wò ɖo fiae ɖewo dzi.


Eye liƒo la tro to Rama kple du sesẽ Tirus gbɔ, eye wònyè kpo to Xosa heva wu nu ɖe ƒu nu tso Axsib-nuto me


Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.


Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet,


Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu; eyata tsa tamebubuwɔ aʋae.


Eye le ŋkeke ɖoɖoa ɖe dzi, esi Herodes ɖo fiawu la, ebɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye wòƒo nu na wo.


Eye esi Kipro le dzedzem, eye míeɖee ɖe mia me la, míeyi Siria; eye míeɖi go ɖe Tiro; elabena afima ʋua le eƒe agbawo ku ge ɖo.


Eye esi míetso Tiro va Ptolemai la, miewu ƒudzimɔzɔzɔ la nu, eye miedo gbe na nɔviawo, eye mieno wo gbɔ ŋkeke ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa