Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 11:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 11:21
19 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ enye mɔdzegbe tso Babel, eye wòɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔi dzi, elabena eƒe Mawu ƒe asi nyui le edzi.


Eye esi wònye mía Mawu ƒe asi nyui le mía dzi ta la, wokplɔ Isexei, si tso Maxli, amesi nye Lewi vi, amesi nye Israel vi ƒe viwo dome, kple Serabya kple viawo kpakple nɔviawo vɛ na mí, wole ame wuienyi.


Megblɔ nye Mawu ƒe asi nyui, si le dzinye la na wo, eye meto fiaƒe nya, siwo wògblɔ nam la hã na wo. Tete wogblɔ bena: Míatso, eye míaɖo wo! Ale wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.


kple agbalẽ matsɔ na fia ƒe ave dzikpɔla Asaf, be wòatsɔ atiwo nam, ne matsɔ akpa mɔ̃ la ƒe agbowo, siwo le gbedoxɔ kple du la ƒe gliwo kpakple aƒe, si me yi ge mala la ŋu. Tete fia la lɔ̃ edzi nam, elabena nye Mawu ƒe asi nyui le dzinye.


Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo?


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi, be mase nu o;


Eye amesiwo katã see la, wòlée ɖe ta me le gbɔgblɔm bena: Nuka gɔ̃ ɖevi sia ava zu mahã? Elabena Aƒetɔ la ƒe asi hã li kplii.


Elabena ame nyui wònye, eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple xɔse; eye wotsɔ ameha gãa ɖe kpe ɖe Aƒetɔ la ŋu.


Eyaŋuti nye la mebu bena, miagaɖe fu na amesiwo trɔ tso trɔ̃subɔlawo dome va Mawu gbɔ la o,


hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.


Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.


Ke ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ;


Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agba sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gãa ɖe hã na ta xɔse la.


Eye amesiwo katã nɔ Lida kple Saron la kpɔe, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa