Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 10:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 10:41
15 Mawu Ofanana  

Eye wòva ve me bena, esi eya kple wo le nuɖuƒe la, etsɔ abolo la, eye esi wòyra ɖe edzi, eye wòŋe eme la, etsɔe na wo.


Miawoe nye nusiawo ƒe ɖaseɖilawo.


Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me.


Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o; ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.


Yuda, si menye Iskariot lae o la, gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, aleke wɔ bena, nèle ɖokuiwò ɖe ge afia miawo, eye menye xexeame o mahã?


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


eye miawo hã míaɖi ɖase, elabena mieli kplim tso gɔmedzedzea me ke.


Yesu va, eye wòtsɔ abolo la na wo kple lã la hã nenema ke.


tso keke Yohanes ƒe mawutsidedetaname dzi vaseɖe ŋkeke, si dzi woxɔe yi dzi le mía gbɔ; wo dometɔ ɖeka nazu eƒe tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mia ŋu.


Eye esi eya kpli wo ƒo ƒu la, ede se na wo be, woagadzo le Yerusalem o, ke boŋ woalala Fofo la ƒe ŋugbedodo, si miese tso nunye me;


Eye míawoe nye ɖaseɖilawo le nusiwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem la ŋuti; amesi hã wowu to ehehe ɖe ati ŋuti me.


eye wòɖe eɖokui fia amesiwo kpe ɖe eŋuti tso Galilea va Yerusalem, ŋkeke geɖewo, amesiwo zu eƒe ɖaseɖilawo azɔ na dukɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa