Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 10:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Mia ŋutɔwo mienyã nya, si va ve me le Yudea katã, eye wòdze gome tso Galilea, le mawutsidedetaname, si Yohanes ɖe gbe ƒãe la megbe:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea, eye wòkaka ɖe Yudea nuto blibo la katã me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 10:37
16 Mawu Ofanana  

Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.


Ke wogatsi edzi gblɔ bena: Ede zi dukɔ la me hele nu fiãm to Yudea katã me, eye wòdze gɔme tso Galilea vaseɖe afisia.


Eye Yesu gbugbɔ yi Galilea le Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me; eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima nutoawo katã me godoo.


tso keke Yohanes ƒe mawutsidedetaname dzi vaseɖe ŋkeke, si dzi woxɔe yi dzi le mía gbɔ; wo dometɔ ɖeka nazu eƒe tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mia ŋu.


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Elabena fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔa ɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o.


Ke miele didim bena, miase nusi susum nèle la, atso nuwò; elabena miese bena, wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa