Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 10:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eyata da ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la ve; amesia dze Simon ɖe, si tea kpe agbalẽ la, ƒe me le ƒua nu; ne amesia va la, aƒo nu na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 10:32
13 Mawu Ofanana  

Eye Salomo xlẽ amedzro, siwo katã le Israel-nyigba dzi, le alesi fofoa Dawid xlẽ wo la nu, wole ŋutsu akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ kple alafa ade.


Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —


eye wògblɔ bena: Kornelio, wose wò gbedodoɖa, eye woɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo dzi le Mawu ƒe ŋku me.


Eyata medo ame ɖo ɖe gbɔwò enumake, eye èwɔe nyuie be, neva. Azɔ mí katã miele afii le Mawu ƒe ŋku me, bena miase nusiwo katã ƒe se Aƒetɔ la de na wò.


Azɔ dɔ ŋutsuwo ɖo ɖe Yope, ne wòaɖakpe Simon, sii woyɔna be Petro la vɛ;


amesi lagblɔ nya, siwo me nato akpɔ ɖeɖe la, na mia kple aƒewò katã.


gblɔ bena: Ŋutsu aʋamatsomatsotɔwo gbɔ nèyi, eye neɖu nu kpli wo.


Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.


Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!


Ke eva me bena, enɔ Yope xɔ ŋkeke geɖe le Simon ɖe, si fea kpe agbalẽ la gbɔ.


Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa