Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 10:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eyata tsi tre, ne naɖi, eye nayi kpli wo, eye megake ɖia ɖeke o, elabena nyee dɔ wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 eya ta ɖi naɖakpe wo eye nàdze wo yome ayi kpli wo, elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 10:20
11 Mawu Ofanana  

Mite ɖe ŋunye, ne miasee; tso gɔmedzedzea me ke nyemeƒo nu le adza me o; mele eteƒe tso gbaɖegbe ke, esime wòva me. Azɔ Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbogbo la ɖom ɖa.


Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã.


Eye esi Petro ɖi va ŋutsu, siwo Kornelio dɔ ɖo ɖe egbɔ la gbɔ la, egblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyee nye amesi dim miele, nukaŋuti mieva afisia ɖo?


Eye Gbɔgbɔ la gblɔ nam bena, mayi kpli wo, eye nyemegake ɖia ɖeke o. Eye nɔvi ade siawo hã kpe ɖe ŋunye, eye mieyi ɖe ŋutsu la ƒe me;


Azɔ woawo la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la dɔ wo ɖa la, wova Seleukia, eye tso afima woɖo ʋu yi Kipro.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi.


Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me;


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa