Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 10:1
19 Mawu Ofanana  

Tete mɔ̃mefia la ƒe asrafowo tso Yesu, eye wokplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye asrafoha blibo la katã ƒo ƒu ɖe eŋuti.


Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!


Ke asrafoawo kplɔe yi ɖe xɔ gã, si nye ʋɔnuɖrɔ̃ƒe la me, eye woyɔ asrafoha blibo la katã ƒo ƒu.


Eye aʋafiaa ɖe ƒe dɔla, si nye ame vevi nɛ la, le dɔ lém ɖo kudo nu.


Azɔ asrafoha kple aʋafia gã la kple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye wobiae,


Azɔ, esi Yuda xɔ asrafoha kpe de nunɔlagãwo kple farisitɔwo ƒe dɔlawo ŋu la, egbɔna afima kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo.


Ke esi ŋu gake la, wova Kaisarea. Eye Kornelio le mɔ kpɔm na wo, eye wòyɔ eƒomeawo kple xɔlɔ̃a veviwo va ƒo ƒu.


Eye esi wole didim bena, yewoawui la, nya la ɖo asrafoha ƒe aʋafia gã la gbɔ bena: Yerusalem-du blibo la katã zu ʋunyaʋunya.


Eye esi ŋu ke la, miedzo va Kaisarea, eye mieyi ɖe nyanyuiegblɔla Filipo ƒe me, amesi nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye mienɔ egbɔ.


Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua?


Eye wòyɔ aʋafiawo dome ame eve va egbɔ gblɔ bena: Midzra asrafo alafa eve ɖo, ne wòayi Kaisarea kple sɔtɔ blaadre kpakple akplɔtɔ alafa eve le zã gaƒoƒo etɔ̃lia dzi;


eye esi woawo va Kaisarea la, wotsɔ agbalẽ la na mɔ̃mefia la, eye wotsɔ Paulo hã de esi;


Azɔ esi Festo va dziɖuƒea la, etso Kaisarea yi Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe.


Eye ŋkekea ɖewo megbe la fia Agripa kple Bernike wova Kaisarea bena, yewoaɖo gbe na Festo.


Eye esi woɖoe bena, miaɖo nu ayi Italia la, wotsɔ Paulo kple gatɔ bubua ɖewo de aʋafiaa ɖe, si ŋkɔ enye Yulio tso, kaisaro ƒe asrafoha dome la si.


Paulo gblɔ na aʋafia la kple asrafoawo bena: Ne amesiawo menɔ ʋua me o la, miate ŋu akpɔ ɖeɖe o.


Gake esi aʋafia la le didim bena, yeaɖe Paulo la, exe mɔ na woƒe tameɖoɖo la, eye wòde se bena, amesiwo ate ŋu aƒu tsi la, nadzo kpo gbã adze ƒua me, ne wòayi gota,


Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa