Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me.

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 1:9
17 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mava gbɔwò le alilikpo dodoa ɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woaxɔ dziwò ase tegbee. Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.


Eye Yehowa ɖi va le alilikpo me, eye wòtsi tre ɖe egbɔ le afima, eye woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ.


Nya ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa do alilikpo ɖidu gbɔna ɖe Egipte: Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋku me, eye dzi lolo ɖe dɔ me na Egipte


Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.


Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Azɔ, ne míakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒo, afisi wòtso la, yim ɖe?


amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.


vaseɖe ŋkeke, si me wòde se na apostolo, siwo wòtia to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me, hafi woxɔe yi dzi la ŋuti;


emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Eye wose gbe gãa ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm na wo bena: Miva dziƒo afii! Eye woyi dziƒo le alilikpo me, eye woƒe futɔwo kpɔ wo ɖa.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa