Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Dɔwɔwɔwo 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na ame; ke miawo la woatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ade mawutsi ta na mi, mele ŋkeke geɖea ɖeke xɔ ge le esia megbe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”

Onani mutuwo Koperani




Dɔwɔwɔwo 1:5
16 Mawu Ofanana  

Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.


Nye la metso tsi de mawutsi ta na mi; ke eya la atsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ade mawutsi ta na mi.


Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la metsɔ tsi de mawutsi ta na mi; ke amesi tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matui o la, eya ŋutɔ gbɔna be, wòatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la mele mawutsi ɖem ta na amewo kple tsi; amesi mienya o la, le tsitre le mia titina,


Eye nyemenyae o, ke boŋ bena wòaɖee ɖe go afia Israel, le esia ta meva le mawutsi dem ta na amewo ɖe tsi me.


Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, made mawutsi ta na amewo kple tsi la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le mawutsi dem ta na amewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.


Eye kuvia ɖo xɔsetɔ, siwo tso aʋatsotso la me, ame geɖe alesi nu va kple Petro, bena wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana; kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi.


Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu.


Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.


exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa