Esi wogale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, amehaa ɖe kple ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Yuda la, le ŋgɔ na wo; eye wote ɖe Yesu ŋu, be yeagbugbɔ nu ne.
Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu.
Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.